Matthew 10

Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo

(Marko 3:13-19; Luka 6:12-16)

1Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui eye wòna ŋusẽ wo bena woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo le amewo me eye woada dɔ sia dɔ ƒomevi.

2Eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:

Simɔn, ame si woyɔna hã be Petro,
Andrea, Petro nɔvi,
Yakobo kple nɔvia Yohanes,
ame siwo nye Zebedeo viwo,
3Filipo,
Bartolomeo,
Toma,
Mateo, nudzɔla,
Yakobo, Alfeo vi,
Tadeo,
4Simɔn, ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla, kple Yuda Iskariɔt, ame si va dee asi.

Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo

(Marko 6:7-13; Luka 9:1-6)

5Yesu dɔ wo kple gbedeasi sia bena, “Migayi Trɔ̃subɔlawo kple Samariatɔwo gbɔ o, 6ke boŋ miyi Israelvi siwo nye Mawu ƒe alẽ bubuwo ko gbɔ. 7Miyi miagblɔ na wo be, dziƒofiaɖuƒe la va ɖo vɔ. 8Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo, mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Mina nu amewo faa abe ale si wona mi ene!

9“Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi le miaƒe mɔzɔzɔ me o, 10migatsɔ mɔzɔkotoku kple awu bubuwo hã ɖe asi o, eye migatsɔ afɔkpa alo atizɔti teti hã o, elabena ame siwo ŋu miakpe ɖo la woawo hã akpɔ mia dzi. 11Nenye be miege ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi mawuvɔ̃la aɖe mianɔ eƒe aƒeme va se ɖe esime miadzo ayi du bubu me. 12Nenye be miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na ameawo eye miabia dzeƒe ɖokuibɔbɔtɔe. 13Nenye be aƒea me tɔwo nye mawuvɔ̃lawo vavã la, miyra wo, ke ne womele nenema o la migayra wo o. 14Ne du aɖe me tɔwo alo aƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi o eye womeɖo to mi o la, miʋuʋu miaƒe afɔke ɖe teƒea ne miadzo. 15Le nyateƒe me la, anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomoratɔwo le ʋɔnudrɔ̃gbe la tsɔ wu ame siawo ƒomevi.

Yometitiwo

(Marko 13:9-13; Luka 21:12-17)

16“Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖo ɖe amegaxi nyanyrãwo dome. Midze aye abe dawo ene eye midza abe akpakpawo ene. 17Mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie le amewo ŋuti! Elabena woalé mi adrɔ̃ ʋɔnu mi eye woaƒo mi le woƒe ƒuƒoƒewo. 18Ẽ, le tanye la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi le fiawo kple mɔmefiawo ŋkume. Ke esia anye mɔnukpɔkpɔ na mi bena miagblɔ nyanyui la na wo, kple xexeame katã.

19“Nenye be wolé mi, kplɔ mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi le nu si miagblɔ ŋuti o, elabena woade nya si tututu wòle be miagblɔ la susu me na mi le ɣeyiɣi ma me. 20Elabena menye mia ŋutɔwoe aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo si le dziƒo la ƒe Gbɔgbɔe le nu ƒo ge to mia dzi.

21“Mele egblɔm na mi bena, nɔvi ahe nɔvi ade ku me, eye vi fofo ade ye ŋutɔ via asi. Ɖeviwo atsi tre ɖe woawo ŋutɔ dzilawo ŋuti eye woahe wo ade ku me. 22Ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo. Ke mia dometɔ siwo anɔ tsitre sesĩe va se ɖe nuwuwua la akpɔ ɖeɖe.

23“Nenye be woti mia yome le du aɖe me la misi yi du bubu me! Nye Mesia la, matrɔ agbɔ hafi miawu tsatsa le Israel duwo katã me nu. 24Minyae be sukuvi menyaa nu wua eƒe nufiala o. Nenema ke subɔla mewua eƒe aƒetɔ o. 25Ne nya aɖe dzɔ ɖe nufiala aɖe dzi la eƒe sukuvi la hã dzie nye ma wòdzɔ ɖo. Nenema ke ne nya aɖe dzɔ ɖe Aƒetɔ aɖe dzi la, eƒe subɔvi hã le eme. Eye esi wònye be woyɔ Nye, Aƒea dzi kpɔla be Satana ɖe, aleke woayɔ miawoe?

Ame si miavɔ̃

(Luka 12:2-7)

26“Migavɔ̃ ame siwo ado ŋɔdzi na mi la o. Elabena ŋkeke li gbɔna esi dzi woƒe adzame ɖoɖo vɔ̃wo adze le gaglãgbe eye ame sia ame akpɔ nyateƒe la adze sii.

27“Nya siwo gblɔm mele na mi le bebeme la migblɔ wo kple ɣli le gaglãgbe. Ne mede gbe to me na mi la, miɖe gbeƒãe.

28“Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me. 29Nenie enye atsutsrɔe ɖeka ƒe home? Menye pesewa ɖeka pɛ ye oa? Ke wo dometɔ ɖeka pɛ hã meli si ta mia Fofo la mekpɔna o. 30Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu. 31Eya ta migatsi dzi ɖe naneke ŋu o, miawo la miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo.

Kristo me ʋuʋu le amewo gbɔ

(Luka 12:8-9)

32“Ame sia ame si aʋu menye le dutoƒo la, nye hã maʋu eme le Fofo la gbɔ le dziƒo. 33Ke ne ame aɖe gbe nu le gbɔnye le dutoƒo la, nye hã magbe nu le egbɔ le Fofonye gbɔ le dziƒo.

Menye ŋutifafa o, ke boŋ yi

(Luka 12:51-53; 14:26-27)

34“Migabu xaa bena meva be mahe ŋutifafa va anyigba dzi o. Nyemeva be mahe ŋutifafa vɛ o ke boŋ yie metsɔ vɛ, 35elabena meva be mana, ‘ŋutsu natso ɖe fofoa ŋu, vinyɔnu natso ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi natso ɖe lɔ̃xoa ŋu. 36Ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.’ 37Nenye be mielɔ̃ mia dadawo kple mia fofowo tsɔ wum la ekema miedze be mianye tɔnyewo o, nenema ke ne mielɔ̃ mia vinyɔnuwo kple mia viŋutsuwo tsɔ wum la, miedze be mianye tɔnyewo o. 38Ne ame aɖe gbe metsɔ eƒe atitsoga dze yonyeme o la eya hã medze anye tɔnye o.

39“Nenye be ame aɖe ku ɖe eƒe agbe ŋuti vevie la, abui ke ne ame aɖe tsɔ eƒe agbe na ɖe tanye la, akpɔe le nuwuwua.

Fetuwo

(Marko 9:41)

40“Ne ame aɖe xɔ mi nyuie la nyee wòxɔ. Eye ne ame aɖe xɔm la exɔ Mawu si dɔm ɖa. 41Nenye be miexɔ nyagblɔɖila aɖe be enye Mawu ƒe ame la, woana fetu si ƒomevi woana nyagblɔɖila la ke miawo hã, eye nenye be miexɔ ame nyui siwo vɔ̃a Mawu le wòƒe dzadzɛnyenye ta la woana fetu si woana woawo hã mi.

42“Ne ame aɖe ana tsi fafɛ kplu ɖeka ame gblɔe siawo dometɔ ɖeka, be enye nye nusrɔ̃la ta la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, eƒe fetu matsi eŋu o.”

Copyright information for EweBEE